Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

GBETAKPƆXƆ

Nyabiase: Le wò susu nua, nu kae nye nunana gãtɔ kekeake si Mawu na mí?

Mawunyakpukpui: Yh 3:16

Nya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si ta Mawu dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nunana sia ŋu la ŋu.

NU KAE NYE MAWU FIAÐUƑE LA?

Nyabiase: [Tsɔ trakt la ƒe ŋgɔgbekpaa dzi fiae.] Aleke nàɖo nyabiase sia ŋu? Ðe Mawu Fiaɖuƒea nye nane si le míaƒe dzi mea? Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔea? Alo, dziɖuɖu si le dziƒo yea?

Mawunyakpukpui: Da 2:44; Yes 9:6

Nya Si Nàgblɔ: Trakt sia ƒo nu tso ale si Mawu Fiaɖuƒea aɖe vi na wòe la ŋu.

ŊKUÐODZIA ƑE AMEKPEGBALẼVI

Nya Si Nàgblɔ: Míele amewo kpem hena wɔna vevi aɖe. [Tsɔ amekpegbalẽvia nɛ.] Le April 11 lia dzi la, ame miliɔn geɖe akpe ta le xexea me godoo ahaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi, eye woase Biblia me nuƒo aɖe femaxee si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me. Àkpɔ teƒe si woawɔe le le míaƒe nutoa me kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi. Míeka ɖe edzi be àdze agbagba ava.

ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI

Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.