Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?—Ale Si Míazãe

Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?—Ale Si Míazãe

Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza si nye Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? ŋu be míadzro eme kple Biblia nusrɔ̃via le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze loo alo le nua sɔsrɔ̃ vɔ megbe. * Nusɔsrɔ̃ 1 va ɖo 4 lia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòanya ame siwo Ðasefowo nye, nusɔsrɔ̃ 5 va ɖo 14 akpe ɖe eŋu wòanya míaƒe dɔwɔnawo, eye nusɔsrɔ̃ 15 va ɖo 28 akpe ɖe eŋu wòanya dɔ siwo wɔm habɔbɔa le. Anyo be míasrɔ̃ nua ɖe ɖoɖo si nu wòle le agbalẽa me la nu negbe ɖe wòhiã be míadzro nusɔsrɔ̃ aɖe me gbã hafi. Nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe le axa ɖeka ko eya ta woate ŋu adzro eme le miniti atɔ̃ va ɖo ewo me.

  • He susu yi nyabiase si nye tanyaa dzi

  • Miate ŋu axlẽ memamawo katã zi ɖeka alo axlẽ wo vivivi

  • Midzro nu si miexlẽ la me. Zã nyabiase siwo le nusɔsrɔ̃a te kple nɔnɔmetatawo. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ siwo asɔ hã. Te gbe ɖe ale si tanya sue siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la ɖo tanya gã si nye nyabiasea ŋui

  • Ne aɖaka si nye “Anyo Be Nàwɔ Esia” dze le nusɔsrɔ̃a me la, mixlẽe eye nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòawɔ aɖaŋu si woɖo la dzi

^ mm. 3 Wogbugbɔ asi trɔ le esi woda ɖe internet dzi la me nya aɖewo ŋu.