Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðo To Mawu—Ale Si Míazãe

Ðo To Mawu—Ale Si Míazãe

Wotrɔ asi le Ðo To Mawu gbalẽa ŋu be míato nɔnɔmetatawo dzi afia Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ame siwo nuxexlẽ sesẽna. Wotrɔ asi le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si xɔ axa eve la ŋu nyuie eye wowɔ mɔfiadzesi siwo afia mɔ nusrɔ̃viawo tso nɔnɔmetata aɖe gbɔ yi bubu gbɔ le numedzodzroa me.

Vovototo aɖeke mele nɔnɔmetata siwo le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee kple Ðo To Mawu gbalẽ gbadzaawo me o, gake nuŋɔŋlɔ siwo le Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee me la sɔ gbɔ wu eye nusrɔ̃vi siwo nya nuxexlẽ vie la ate ŋu azã esia. Zi geɖe la, gbeƒaɖelawo dina be yewoazã esi me nuŋɔŋlɔawo sɔ gbɔ ɖo ne nusrɔ̃via le Ðo To Mawu gbalẽa zãm. Aɖaka aɖe le axa aɖewo, eye nya bubuwo le wo me, si me míate ŋu adzro le nusrɔ̃via ƒe ŋutete nu.

Miate ŋu ana agbalẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ne menye eya nam míele le ɣletia me o hã. Ne èle Biblia srɔ̃m kple ame aɖe la, zã nɔnɔmetatawo nàtsɔ aɖe ŋutinya siwo le Biblia me la me. Bia nya siwo ana nusrɔ̃via nakpɔ gome le numedzodzroa me, eye nàkpɔ egbɔ be ese nuawo gɔme. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo le axawo te eye miadzro wo me. Ne miewu agbalẽ gbadzaa sɔsrɔ̃ nu la, misrɔ̃ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? alo Nu Kae Biblia Fia Mí? be wòakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòayi ŋgɔ axɔ nyɔnyrɔ.