Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpe Ðe Wò Ƒomea Ŋu Woaɖo Ŋku Yehowa Dzi

Kpe Ðe Wò Ƒomea Ŋu Woaɖo Ŋku Yehowa Dzi

Wode dɔ asi na Yeremiya be wòaxlɔ̃ nu Yudatɔwo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu elabena woŋlɔ woƒe Mawu Yehowa be. (Yr 13:25) Aleke dukɔa wɔ ɖo gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui sia me? Israel-viwo ƒe ƒomewo megaléa fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o. Anɔ eme godoo be ƒome ƒe tawo meganɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo woŋlɔ ɖe 5 Mose 6:5-7 dzi o.

Egbea hã ne ƒomewo sẽ le gbɔgbɔ me la, hameawo lia ke. Ƒome ƒe tawo ate ŋu akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu be woaɖo ŋku Yehowa dzi to Ƒometadedeagu tsekuwo wɔwɔ edziedzi me. (Ps 22:27) Ne miekpɔ video si nye Nya Siawo Natsi Dzi Me Na Wò’—Wobia Gbe Ƒomewo vɔ la, miɖo nyabiase siawo ŋu:

  • Aleke ƒome aɖewo te ŋu ɖu kuxi siwo le Ƒometadedeagu wɔwɔ me la dzi?

  • Vi kawoe wòɖena ne míewɔa Ƒometadedeagu tsekuwo edziedzi?

  • Kuxi kae medoa goe le Ƒometadedeagu wɔwɔ me, eye nu kae mawɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ?