Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

March 26–​April 1

MATEO 25

March 26–​April 1
  • Hadzidzi 143 Kple Gbedodoɖa

  • Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • Minɔ Ŋudzɔ”: (10 min.)

    • Mt 25:1-6—Ðetugbui dzeaɖaŋu atɔ̃ kple atɔ̃ bubu siwo tsi bome do go be yewoakpe ŋugbetɔsrɔ̃ la

    • Mt 25:7-10—Ðetugbui atɔ̃ siwo tsi bome la menɔ anyi esi ŋugbetɔ srɔ̃ la va ɖo o

    • Mt 25:11, 12—Ðetugbui dzeaɖaŋuawo koe woɖe mɔ na be woava srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)

    • Mt 25:31-33—Aleke nàɖe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu la mee? (w15 3/15 26 mm. 7)

    • Mt 25:40—Nu kawoe míawɔ wòafia be míedze xɔ̃ Kristo nɔviwo? (w09 10/15 16 mm. 16-18)

    • Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fia wò tso Yehowa ŋu?

    • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu bubu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me?

  • Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) Mt 25:1-23

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Tɔtrɔyi Evelia: (3 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa nàtsɔ adze wò dɔa gɔme. Kpee be wòava Ŋkuɖodzia.

  • Tɔtrɔyi Etɔ̃lia: (3 min. alo made o) Wò ŋutɔ tia ŋɔŋlɔ si nàzã, eye nàna míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ ɖeka amea.

  • Nuƒo: (6 min. alo made o) w15 3/15 26 mm. 7-10—Tanya: Aleke Lododo Si Ku Ðe Alẽwo Kple Gbɔ̃wo Ŋu La Ðe Ale Si Gbeƒãɖeɖedɔa Le Vevie Fia?

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

  • Hadzidzi 85

  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu Woadzra Ðo Do Ŋgɔ”: (10 min.) Numedzodzro. Emegbe na woaɖe video si me nɔvinyɔnu gbeƒãɖela aɖe le kpekpem ɖe eƒe Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ, eye miadzro eme. Kpe nɔviawo woagblɔ mɔ bubu siwo le vi ɖem siwo dzi wotona kpena ɖe woƒe nusrɔ̃viwo ŋu be wodzrana ɖo ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu.

  • Xɔ Míaƒe Amedzroawo Nyuie: (5 min.) Nuƒo si wotu ɖe March 2016 ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ dzi. Ƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖewo siwo su mia si le ƒe 2017 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia ŋu. Ƒo nu tso ɖoɖo siwo wowɔ ɖe afi si woatɔ ʋu ɖo, afi si miato age ɖe teƒe si wole Ŋkuɖodzia wɔm le alo ato ado go le Ŋkuɖodzia wɔɣi le March 31 dzi la ŋu.

  • Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) jy ta 14

  • Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)

  • Hadzidzi 79 Kple Gbedodoɖa