Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu Woadzra Ðo Do Ŋgɔ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu Woadzra Ðo Do Ŋgɔ

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ne Biblia nusrɔ̃viwo dzra ɖo nyuie la, woate ŋu ase nu siwo míefiana wo la gɔme eye woaɖo ŋku wo dzi bɔbɔe. Ne wole nusɔsrɔ̃a gɔme sem eye wotea ŋu ɖoa ŋku edzi la, ana woayi ŋgɔ kabakaba. Ne wova xɔ nyɔnyrɔ megbe gɔ̃ hã la, ele be woadzra ɖo ɖe kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu ale be ‘woanɔ ŋudzɔ.’ (Mt 25:13) Eya ta ne wonya ale si woasrɔ̃ nu, eye nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui le wo si la, akpe ɖe wo ŋu le woƒe agbe me katã. Ele be míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu tso gɔmedzedzea me ke be woanɔ dzadzram ɖo ɖe woƒe Biblia nusɔsrɔ̃a ŋu wòama wo.

ALE SI NÀWƆE:

  • Ðo kpɔɖeŋu nyui. (Ro 2:21) Na nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe nanɔ susu me na wò nàdzra ɖo ɖe nu si miasrɔ̃ la ŋu. (km 11/15 3) Na wòakpɔ ale si nète fli ɖe ŋuɖoɖoawo te le tɔwò me

  • De dzi ƒo nɛ be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Ne mienya ɖo Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme anyi ko la, na wòanya be nusɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖee nye be wòadzra ɖo do ŋgɔ, eye nàgblɔ ale si wòɖea vii la nɛ. Gblɔ nu siwo wòawɔ be wòakpɔ ɣeyiɣi adzra ɖo la nɛ. Nɔvi aɖewo tsɔa woƒe agbalẽ si te wote fli ɖo la naa nusrɔ̃via le nua srɔ̃ɣi ale be wòakpɔ ale si wòɖea vii. Kafui ne edzra ɖo do ŋgɔ

  • Fia ale si wòadzra ɖo lae. Ne nɔvi aɖewo nya dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe teti ko la, wozãa nusrɔ̃ɣi aɖe tsɔ fiaa nusrɔ̃via ale si wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu