Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 25

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Minɔ Ŋudzɔ”

25:1-12

Togbɔ be Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui leaƒe ewoawo ŋu yi na amesiaminawo koŋ hã la, emenyawo aɖe vi na Kristotɔwo katã. (w15 3/15 9-14) “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.” (Mt 25:13) Àte ŋu aɖe Yesu ƒe lododoa mea?

  • Ŋugbetɔsrɔ̃ (kpukpui 1)—Yesu

  • Aɖaŋudzelawo, ɖetugbui siwo dzra ɖo (kpukpui 2)—Woawoe nye Kristotɔ amesiamina siwo le klalo be yewoawɔ dɔ siwo wode asi na yewo la nuteƒewɔwɔtɔe eye wole keklẽm abe akaɖiwo ene va se ɖe nuwuwu (Flp 2:15)

  • Ɣli ɖi: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo!” (kpukpui 6)—Efia be Yesu va ɖo

  • Ðetugbui siwo tsi bome (kpukpui 8)—Woawoe nye Kristotɔ siwo do go be yewoakpe Ŋugbetɔsrɔ̃ la, gake womenɔ ŋudzɔ o eye womeyi edzi wɔ nuteƒe o

  • Ðetugbui siwo dze aɖaŋu gbe be yewomana yewoƒe amia ƒe ɖe wo o (kpukpui 9)—Ne wotre amesiaminawo nu vɔ la, atsi megbe akpa be amesiamina wɔnuteƒeawo nakpe ɖe wo dometɔ siwo mewɔ nuteƒe o la ŋu

  • “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo” (kpukpui 10)—Yesu ava drɔ̃ ʋɔnu le xaxa gã la ƒe nuwuwu lɔƒo

  • Ðetugbui siwo nye aɖaŋudzelawo yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kple ŋugbetɔsrɔ̃ la, eye wotu ʋɔa (kpukpui 10)—Yesu aƒo amesiamina wɔnuteƒeawo nu ƒu ɖe dziƒo, gake dziƒofetua ato ame mawɔnuteƒeawo ŋu