Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Lɛtaŋɔŋlɔ Ƒe Kpɔɖeŋu

Lɛtaŋɔŋlɔ Ƒe Kpɔɖeŋu
  • Zã wò ŋutɔ wò adrɛs si dzi amea ato ake ɖe ŋuwò. Ne èkpɔe be masɔ be yeazã ye ŋutɔ yeƒe adrɛs o la, àte ŋu abia mɔ le hamemetsitsiwo gbɔ azã Fiaɖuƒe Akpataa tɔ. Gake mègazã alɔdzedɔwɔƒea ƒe adrɛs be amea nato edzi aɖo lɛtaa ŋu na ye GBEÐE o.

  • Ne ènya amea ƒe ŋkɔa, ke zãe. Esia awɔe be amea masusu be asitsalawoe le boblo dom nane o.

  • Ŋlɔ nyawo woade, wɔ gbeŋutisewo kple nuŋɔŋlɔmedzesiwo ŋu dɔ nyuie. Mègana nuwo natɔtɔ le lɛtaa me o. Ne asie nètsɔ ŋlɔe la, ke kpɔ egbɔ be wodze nyuie woate ŋu axlẽ. Mègazã habamenyawo alo nya siwo le etɔxɛ fũu akpa o.

Lɛta si dze le afi sia na míekpɔ nya vevi siwo wòle be wòadze la ƒe kpɔɖeŋu. Mefia be ele be woakpɔ nya siawo dzi aŋlɔ pɛpɛpɛ ɣesiaɣi si míele lɛta ŋlɔm na ame aɖe le míaƒe anyigbamamaa me o. Trɔ asi le eŋu wòasɔ ɖe taɖodzinu si le asiwò nu, eye wòasɔ ɖe nutoa ƒe nɔnɔme kple dekɔnuwo hã nu.