Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Lɛta Nyuiwo Ŋɔŋlɔ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Lɛta Nyuiwo Ŋɔŋlɔ

NU SI TA WÒLE VEVIE: Korintotɔwo ƒe agbalẽ gbãtɔ nye lɛta 14 siwo apostolo Paulo ŋlɔ tsɔ de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo la dometɔ ɖeka. Lɛtaŋɔŋlɔ ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ eŋlɔlaa be wòatia nya siwo wòazã nyuie, eye ame si wòŋlɔe na hã ate ŋu anɔ exlẽm edziedzi. Lɛtaŋɔŋlɔ nye mɔ nyui aɖe si dzi ame ato aɖi ɖase na ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo. Enye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖi ɖase na ame siwo míate ŋu aƒo nu na ŋkume kple ŋkume o hã. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame aɖe tsɔ ɖe le nyaa me gake metɔna o. Esesẽ be míake ɖe ame aɖewo ŋu le míaƒe anyigbamamawo me elabe wole aƒe gã siwo nu agbonudzɔlawo nɔna me, nuto siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo hede agbo enu la me alo teƒe siwo tso abo. Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí vevietɔ ne míele lɛta ŋlɔm na ame aɖe si míenya o?

ALE SI NÀWƆE:

  • Ŋlɔ nya si nàgblɔ ne èdo go amea ŋkume kple ŋkume. Ðe ɖokuiwò nu nàtsɔ adze egɔme, eye nàgblɔ susu si tae nèle lɛtaa ŋlɔm eme nakɔ. Ðewohĩ àte ŋu abia nya aɖe si ana amea nabu tame eye nàhe eƒe susu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Azɔ ƒo nu tso aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu, alo nàŋlɔ tanya siwo dze le agbalẽ siwo míetsɔ srɔ̃a nu kple amewo me dometɔ aɖe ɖe lɛtaa me. Àte ŋu atsɔ kadodogbalẽvi, amekpegbalẽvi alo trakt aɖe akpe ɖe lɛtaa ŋu

  • Nenɔ kpuie. Ne wò lɛtaa didi fũu akpa la, exexlẽ ati amea eye wòaɖe asi le eŋu.—Kpɔ lɛtaŋɔŋlɔ ƒe kpɔɖeŋu

  • Xlẽe to eme nàɖɔ vodadawo ɖo, eye nàkpɔ egbɔ be nuŋɔŋlɔawo dze nyuie. Nyaawo nedze to, ɖɔ ŋu ɖo eye nyaawo nade dzi ƒo. Kpɔ egbɔ be yetu stamp si tututu hiã la agbalẽkotokua dzi