Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 KORINTOTƆWO 4-6

“Amɔwɔʋãnu Vi Aɖee Nana Amɔwɔ Blibo La Katã Ʋãna”

“Amɔwɔʋãnu Vi Aɖee Nana Amɔwɔ Blibo La Katã Ʋãna”

5:1, 2, 5-11, 13

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ameɖeɖelehame nye ɖoɖo aɖe si me lɔlɔ̃ le, evɔ menyea dzidzɔnya ne woɖe ame le haa me o?

Ameɖeɖelehame ɖenɛ fiana be . . .

  • míelɔ̃ Yehowa elabe enana míekɔa eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu.—1Pe 1:15, 16

  • míelɔ̃ hamea elabe enana míekpɔa eta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me.—1Ko 5:6

  • míelɔ̃ nu gbegblẽ wɔlaa elabe míetoa esia dzi kpena ɖe eŋu be wòanyɔ le eɖokui me.—Heb 12:11

Ne woɖe Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me tɔ le hamea me la, mɔ ka nue nàte ŋu ade dzi ƒo na ƒomea me tɔwo le?