Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu Wò Biblia Nusrɔ̃viwo

Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu Wò Biblia Nusrɔ̃viwo

Nu siwo wokpɔna léa ame si le ekpɔm la ƒe susu ɖe te, eye wòkpena ɖe eŋu be wòase nu si fiam wolee la gɔme eye wòaɖo ŋku nu si wòsrɔ̃ la dzi. Yehowa, míaƒe Nufiala Gãtɔ zã nu siwo wokpɔna tsɔ fia nu vevi aɖewo amewo. (1Mo 15:5; Yr 18:1-6) Yesu si nye Nufiala Gã la hã zã wo tsɔ fia nui. (Mt 18:2-6; 22:19-21) Nu siwo wokpɔna siwo le vi ɖem ŋutɔ egbea dometɔ aɖee nye videowo. Ðe nèle videowo zãm nyuie ne èle nu fiam wò Biblia nusrɔ̃viwoa?

Wotrɔ asi le video ewo aɖewo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu ne míetsɔ Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! gbalẽ gbadzaa le nu fiam amewo. Zi geɖe la, video ɖe sia ɖe sɔ kple nyabiase siwo le agbalẽa me siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si to la dometɔ ɖeka. Le agbalẽ sia ƒe mɔ̃ dzi tɔ me la, teƒe siwo woaɖe videoawo le la li be wòaɖo ŋku edzi na mí be míaɖee. Azɔ hã, video bubuwo li siwo wɔ ɖeka kple agbalẽ bubu siwo le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nu Amewo la me nyawo.

Ðe miele nu srɔ̃m tso Biblia me nya aɖe ŋu si gɔmesese sesẽ na wò nusrɔ̃via? Alo ɖe wò nusrɔ̃via le nɔnɔme sesẽ aɖe me toma? Yi jw.org® alo JW Nyakakadɔwɔƒea nàdi video aɖe si akpe ɖe eŋu. Ðewohĩ miate ŋu akpɔ videoa ɖekae eye miadzro eme.

Ɣleti sia ɣleti la, woɖea video yeye aɖewo ɖe go. Ne èle wo kpɔm la, bu ale si nàte ŋu azã wo atsɔ afia nu amewoe ŋu.