Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

March 16-22

1 MOSE 25-26

March 16-22

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • Esau Dzra Eƒe Ŋgɔgbevinyenye”: (10 min.)

    • 1Mo 25:27, 28—Venɔvi siwo nye Esau kple Yakob ƒe nɔnɔmewo kple woƒe tiatiawo to vovo (mwbr20.03 1 ¶4)

    • 1Mo 25:29, 30—Esau mete ŋu ɖu eɖokui dzi o le dɔwuame kple ɖeɖiteameŋu ta

    • 1Mo 25:31-34—Esau si mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la tsɔ dzitsitsi dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye na Yakob ɖe nuɖuɖu ta (w19.02 16 ¶11; mwbr20.03 2 ¶1)

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (10 min.)

    • 1Mo 25:31-34—Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nuŋlɔɖi sia mefia be Mesia la tɔgbuiwo dometɔ ɖe sia ɖe anye ŋgɔgbevi kokoko o? (Heb 12:16; w17.12 15 ¶5-7)

    • 1Mo 26:7—Nu ka tae Isak meto nyateƒe bliboa le nya sia me o? (mwbr20.03 2 ¶2)

    • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me ku ɖe Yehowa Mawu, gbeadzisubɔsubɔdɔa, alo nu bubu aɖe ŋu, si ŋu nàdi be yeaƒo nu tsoe?

  • Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) 1Mo 26:1-18 (th nusɔsrɔ̃ 5)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

  • Hadzidzi 78

  • Zã Videowo Ne Èle Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Gbalẽ Gbadzaa Srɔ̃m Kple Amewo: (15 min.) Numedzodzro. Na woaɖe video siwo nye Nɔnɔme Ka Mee Ame Kukuwo Le? kple Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li? (Ʋu Videowo, eye nàyi MÍAƑE KPEKPEWO KPLE SUBƆSUBƆDƆA) Ne woɖe videoawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, bia nya siawo: Aleke nàte ŋu azã video sia ne èle Nya Nyui gbalẽ gbadzaa srɔ̃m kple amewo? (mwb19.03 7) Videoa me nya kawoe kpe ɖe ŋuwò le wò nufiafiawo me? Ðo ŋku edzi na nɔviawo be le Nya Nyui gbalẽ gbadza ƒe mɔ̃ dzi tɔ me la, teƒe siwo woaɖe videoawo le la li.

  • Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) jy ta 108

  • Nyataƒonyawo (3 min. alo made o)

  • Hadzidzi 107 Kple Gbedodoɖa