Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 29-30

Yakob Ðe Srɔ̃

Yakob Ðe Srɔ̃

29:18-28

Yakob menya kuxi siwo me wòava to le srɔ̃ɖeɖe me la do ŋgɔ o. Rahel kple Lea dome mevivina kura o. (1Mo 29:32; 30:1, 8) Gake togbɔ be Yakob to nɔnɔme sesẽwo me hã, ede dzesii be Yehowa nɔ kpli ye. (1Mo 30:29, 30, 43) Mlɔeba la, eƒe dzidzimeviwo va zu Israel dukɔa.—Ru 4:11.

Egbea hã, ame siwo tiae be yewoaɖe srɔ̃ la, ato xaxawo me. (1Ko 7:28) Ke hã, woate ŋu akpɔ dzidzedze kple dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖea me ne woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye wowɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi.—Lod 3:5, 6; Ef 5:33.