Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ame Kawoe Makpe?

Ame Kawoe Makpe?

Ƒe sia ƒe la, míekpea amewo le míaƒe anyigbamamawo me be woade Ŋkuɖodzia kpli mí. Míedze si ame siawo dometɔ geɖe o. Ele be míakpe míaƒe ame nyanyɛwo hã. Zi geɖe la, ame siwo woƒe ame nyanyɛwo kpe la tea ŋu dena Ŋkuɖodzia. (mwbr20.03 1 ¶2-3) Ame kawoe nàdi be yeakpe?

  • Ƒometɔwo

  • Wò dɔmetɔwo alo sukuhatiwo

  • Aƒelikawo

  • Ame siwo gbɔ nètrɔna yina, Biblia nusrɔ̃vi xoxowo kple yeyeawo siaa

Azɔ hã, hamemetsitsiwo akpe ame siwo dzudzɔ gbeadzi alo kpekpeawo dede. Ke ne wò ame nyanyɛ aɖe mele miaƒe nutoa me o ya ɖe? Ne èʋu MÍAŊU NYAWO le jw.org, eye nètia “Ŋkuɖodzi” la, àte ŋu adi game kple teƒe si woawɔ Ŋkuɖodzia le le nuto si me amea le la me. Ne èle dzadzram ɖo ɖe ƒe sia me ƒe Ŋkuɖodzia ŋu la, bu ame siwo nàte ŋu akpe la ŋu, eye nàkpe wo.