Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me​—Zã Mawu Ƒe Nyaa

Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me​—Zã Mawu Ƒe Nyaa

Ŋusẽ le Mawu ƒe Nyaa ŋu! (Heb 4:12) Ate ŋu aʋã ame siwo menya Mawu o gɔ̃ hã ƒe dzi. (1Te 1:9; 2:13) Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne ame aɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒe aɖe si míefiae la ŋu.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—NA WÒ NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI—NA ŊUSẼ SI LE MAWU ƑE NYAA ŊU LA NAWƆ DƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke Rut na ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋua wɔ dɔ esi wòkpe ɖe Dzidzɔ ŋu wòkpɔe be anyo be yewoatrɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu?

  • Aleke Rut na ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋua wɔ dɔ esi wòna Dzidzɔ xlẽ mawunyakpukpuia wòɖi eye wòtɔ asi nya vevi siwo dze le emea dzi?

  • Nu kae ɖee fia be mawunyakpukpuia wɔ dɔ ɖe Dzidzɔ dzi, eye aleke nèsusu be Rut anya se le eɖokui me?