Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tia Xɔwòwo Le Nunya Me

Tia Xɔwòwo Le Nunya Me

Nu si dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le Moab tagbaa nye nuxlɔ̃ame na mí Kristotɔwo. (1Ko 10:6, 8, 11) Moab nyɔnu agbe gbegblẽ nɔla siwo subɔa trɔ̃wo la ble Israel-vi siwo va nɔ ha dem kpli woa de nu vɔ̃ gãwo me. Esia na wo dometɔ geɖe tsrɔ̃. (4Mo 25:9) Míawo hã míele dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, aƒelikawo, ƒometɔwo kple ame nyanyɛ bubu siwo mesubɔa Yehowa oa dome. Aleke Biblia me nudzɔdzɔ sia na míekpɔe be afɔku le hadede kplikplikpli kple ame siawo me?

MIKPƆ VIDEO SI NYE KPƆÐEŊU SIWO NYE NUXLƆ̃AME NA MÍ EGBEA—ƑE KPUITƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Susu totro kawoe Zimri kple etɔwo di be yewoaƒã ɖe Yamin me?

  • Aleke Finehas kpe ɖe Yamin ŋu wòbu nuwo ŋu nyuie?

  • Vovototo kae le xɔlɔ̃dzedze dzimaxɔsetɔwo kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu xɔlɔ̃tɔe dome?

  • Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele ame siwo míadze xɔlɔ̃e la tiam le hamea me gɔ̃ hã?

  • Nu ka tae wòle be míaƒo asa na kadodo kple ame siwo míenya ŋutɔŋutɔ oa le Internet dzi?