Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

Ƒo Asa Na Dada Kple Kakaɖeameɖokuidzi Akpa

Ƒo Asa Na Dada Kple Kakaɖeameɖokuidzi Akpa

Kora dze aglã ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋu, elabe eɖe mɔ dada kple kakaɖeameɖokuidzi akpa gblẽ nu le eŋu (4Mo 16:1-3; w11 9/15 27 ¶12)

Lewi vi si ŋu wodea bubu ŋutɔe Kora nye, eye mɔnukpɔkpɔ geɖe su esi (4Mo 16:8-10; w11 9/15 27 ¶11)

Kora ƒe susu vɔ̃a gblẽ nu geɖe (4Mo 16:32, 35)

Mele be míaɖe mɔ akpa siwo wɔm míele le Yehowa subɔsubɔ me nana míava nɔ mía ɖokui dom ɖe dzi alo aka ɖe mía ɖokui dzi akpa o. Zi ale si míele nyateƒea me eteƒe didi eye agbanɔamedzi geɖe va le mía si sum la, zi nenemae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui wu.