Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Mègasrɔ̃ Ame Siwo Mewɔ Nuteƒe O

Mègasrɔ̃ Ame Siwo Mewɔ Nuteƒe O

Kora, Datan, kple Abiram mewɔ nuteƒe na Yehowa o, elabe wodze aglã ɖe eƒe ɖoɖo ŋu. Yehowa tsrɔ̃ aglãdzela mawo kple ame siwo katã de wo dzi. (4Mo 16:26, 27, 31-33) Nɔnɔme kawoe ate ŋu ado míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ? Biblia me kpɔɖeŋu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míagasrɔ̃ ame siwo mewɔ nuteƒe o?

MIKPƆ VIDEO SI NYE MÈGASRƆ̃ AME SIWO MEWƆ NUTEƑE O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nɔnɔme kae do Dzifa ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ, eye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe?

  • Nɔnɔme kae do nɔviŋutsu aɖe si dzi nu te ɖoa ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ, eye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe?

  • Nɔnɔme kae do Thomas ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ, eye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe?

  • Nɔnɔme kae do nɔviŋutsu aɖe ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ le suku, eye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe?