Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ame Kawoe Nèdzea Xɔ̃e Le Internet Dzi?

Ame Kawoe Nèdzea Xɔ̃e Le Internet Dzi?

Xɔlɔ̃e nye “ame si kuna ɖe ame bubu ŋu le esi wòlɔ̃e alo dea asixɔxɔ eŋu ta.” Le kpɔɖeŋu me, esi David wu Goliat megbea, eya kple Yonatan va zu xɔlɔ̃ veviwo. (1Sa 18:1) Nɔnɔme nyuiwo nɔ wo ame evea si, si na woƒe nu nyo wo nɔewo ŋu. Eya ta ame siwo nya wo nɔewo nyuiea ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me sẽna. Ebiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hafi ame nate ŋu anya ame bubu nyuie. Ke hã le Internet dzi hahokadoƒewoa, amewo te ŋu zua “xɔlɔ̃wo” le aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ ko me. Elabe ele bɔbɔe be ame siwo le hahokadoƒewoa naɣla ame si tututu wonye le nya siwo wogblɔna tso wo ɖokuiwo ŋu ta, eye amewo xɔa wo dzi sena. Eya ta anyo be nàde ŋugble nyuie le ame siwo nàdze xɔ̃e le Internet dzia ŋu. Ne ame aɖe si mènya o di be yeadze xɔ̃ wò le Internet dzia, mègavɔ̃ be yeagbe o le esi nèsusu be ate ɖe edzi ta o. Le afɔku siwo le Internet dzi hahokadoƒewo zazã me taa, ame aɖewo tiae be yewomazãe kura o. Gake ne ètiae be yeazã Internet dzi hahokadoƒe aɖea, nu kawo ŋue wòle be nàbu?

MIKPƆ VIDEO SI NYE ZÃ INTERNET DZI HAHOKADOƑEWO NUNYATƆE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kawo ŋue wòle be nàbu hafi aŋlɔ nu alo ada fotowo ɖe Internet dzi hahokadoƒewo?

  • Nu ka tae wòle be nàɖɔ ŋu ɖo le ame siwo nàdze xɔ̃e le Internet dzia ŋu?

  • Nu ka tae wòle be nàɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si nèzãna ɖe Internet dzi hahokadoƒewo ŋu?—Ef 5:15, 16