Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woaɖu Numame Gbegblẽwo Dzi

Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woaɖu Numame Gbegblẽwo Dzi

Ame siwo nɔa agbe nyui koe nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa. (1Pe 1:14-16) Ne Biblia nusrɔ̃viwo ɖu numame gbegblẽwo dzia, eɖea vi na wo le ƒomea, lãmesẽnyawo kple ganyawo me.

Ðe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu, susu siwo tae wòde wo kple viɖe siwo míakpɔ ne míewɔ ɖe wo dzia me nyuie na wò nusrɔ̃viwo. Kpe ɖe wo ŋu woatrɔ ale si wobua nuwo ŋu, esia akpe ɖe wo ŋu woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Ef 4:22-24) Ka ɖe edzi na wo be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, woate ŋu aɖu numame gbegblẽ siwo ƒo ke ɖo to le wo mea dzi. (Flp 4:13) Fia wo be woado gbe ɖa na Yehowa vevie ne tetekpɔ aɖe va wo dzi. Kpe ɖe wo ŋu woade dzesi nu siwo ate ŋu ate wo kpɔ ale be woaƒo asa na wo. De dzi ƒo na wo be woanɔ nu siwo aɖe vi na wo la wɔm ɖe numame gbegblẽawo teƒe. Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míekpɔe be Yehowa le kpekpem ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu wole tɔtrɔwo wɔm.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPE ÐE WÒ BIBLIA NUSRƆ̃VIWO ŊU WOAÐU NUMAME GBEGBLẼWO DZI, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke hamemetsitsiawo kple Rut ɖee fia be yewoka ɖe Dzidzɔ dzi?

  • Nu kae Rut gawɔ tsɔ kpe ɖe Dzidzɔ ŋu?

  • Nu kae Dzidzɔ wɔ be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu?