Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

Ɣekaɣie Nèɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu?

Ɣekaɣie Nèɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu?

Asa ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu aʋakɔ gã aɖe dzi (2Kr 14:9-12; w21.03 5 ¶12)

Emegbea, Asa ɖo ŋu ɖe Siriatɔwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu yeaɖu aʋakɔ sue aɖe dzi (2Kr 16:1-3; w21.03 5 ¶13)

Asa ƒe nu megava dze Yehowa ŋu o, elabe meyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o (2Kr 16:7-9)

Ðewohĩ míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ne míele nyametsotso veviwo wɔm, gake aleke wònɔna ne míele nya me tsom le nu suesuesuewo ŋu? Ele vevie be míadi Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu le nu siwo katã míewɔna me.—Lod 3:5, 6; w21.03 6 ¶14.