Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

April 1-7

PSALMOWO 23-25

April 1-7

Hadzidzi 4 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. “Yehowae Nye Kplɔlanye”

(10 min.)

Yehowa kplɔa mí (Ps 23:​1-3; w11 5/1 31 ¶3)

Yehowa kpɔa mía ta (Ps 23:4; w11 5/1 31 ¶4)

Yehowa nyia mí (Ps 23:5; w11 5/1 31 ¶5)

Yehowa léa be na esubɔlawo abe ale si alekplɔla nyui léa be na eƒe alẽwo ene.

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Aleke Yehowa lé be namee?’

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 23:3—Nu kawoe nye “toƒe dzɔdzɔewo,” eye nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagatra ɖa le wo dzi o? (w11 2/15 24 ¶1-3)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Amea gblɔ na wò be yetsi dzi ɖe ale si nuwo le gbegblẽm le nutoa me ŋu; zã mawunyakpukpui aɖe nàtsɔ ade dzi ƒo nɛ. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(4 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Amea lɔ̃ xɔ Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa; wɔ ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo wòakpɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 9 ƒe xexlẽdzesi 3)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 54

7. Mímeɖoa To Ame Tutɔwo Ƒe Gbe O

(15 min.) Numedzodzro.

Alẽwo nya wo kplɔla ƒe gbe eye wodzea eyome. Gake wosina ne wose ame tutɔ ƒe gbe. (Yoh 10:5) Nenema kee míawo hã míeɖoa to mía Kplɔla lɔ̃ame siwo nye Yehowa kple Yesu ƒe gbe eye míeka ɖe wo dzi. (Ps 23:1; Yoh 10:11) Gake mímeɖoa to ame tutɔ siwo ‘kpaa nyawo’ be yewoatsɔ ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ la ƒe gbe o.—2Pe 2:​1, 3.

Zi gbãtɔ si wose ame tutɔ ƒe gbe le anyigba dzia dze le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ ta etɔ̃lia. Esi Satana ƒo nu kple Xawaa, eɣla ame si wònyea ɖii. Ewɔ nu abe ɖe wòle Xawa ƒe nyui dim ene, eye wòtrɔ gbo nya siwo Yehowa gblɔ. Nublanuitɔea, Xawa ɖo toe, eye esia na eya kple eƒe ƒomea kpe fu vevie.

Egbea, Satana kakaa nya manyomanyowo, nyateƒe afã-afã kple alakpanyawo tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu ale be míagaka ɖe wo dzi o. Ne míese ame tutɔ aɖe ƒe gbea, ele be mía si! Ne míeɖo to wo vie teti le esi míedi be míanya nane ta koa, agblẽ nu le mía ŋu. Esi Satana ɖo dze kple Xawa le ɣeyiɣi kpui ma mea, nya ʋɛ aɖe ko wògblɔ tsɔ flui. (1Mo 3:​1, 4, 5) Eya ta nu kae nàwɔ ne ame aɖe si lɔ̃ wò eye wòdia nyui na wòa di be yeagblɔ nya manyomanyowo tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu na wò?

Na woaɖe VIDEOA, Mègaɖo To “Ame Tutɔwo Ƒe Gbe O.” Eyome nàbia be:

Esi Dzidzɔ nɔ, si nye dzimaxɔsetɔ, nɔ agbagba dzem be yeagblɔ nya manyomanyowo nɛ tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋua, nu kae Dzidzɔ wɔ si nàdi be yeasrɔ̃?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 55 Kple Gbedodoɖa