Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

March 4-10

PSALMOWO 16-17

March 4-10

Hadzidzi 111 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. “Yehowa . . . Gbɔe Nu Nyuiwo Tsona Nam”

(10 min.)

Ne míedzea xɔlɔ̃ ame siwo subɔa Yehowa la, enana míekpɔa dzidzɔ (Ps 16:​2, 3; w18.12 26 ¶11)

Ne mía kple Yehowa dome le nyuiea, enana míaƒe dzi dzea eme (Ps 16:​5, 6; w14 2/15 29 ¶4)

Ale si Yehowa kpɔa mía ta le gbɔgbɔ mea nana míenɔa dedie (Ps 16:​8, 9; w08 2/15 3 ¶2-3)

Abe David enea, taɖodzinu le míaƒe agbe ŋu elabe míesubɔa Yehowa, ame si gbɔ nu nyuiwo tsona na mí.

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Tso esime meva nyateƒea mea, aleke nye agbe gava nyo ɖe edzi wu?’

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 17:8—Gɔmesese kae le nya “gadaglamakui” ŋu? (mwbr24.03 1 ¶5–2 ¶1)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(1 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Na Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia. (th nusɔsrɔ̃ 11)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Na Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fiaa, wɔ abe ɖe nèɖe video si nye Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi ene eye miadzro eme. (th nusɔsrɔ̃ 9)

6. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(2 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Na Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia. (th nusɔsrɔ̃ 2)

7. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 20

8. Nu Kawoe Nàte Ŋu Awɔ Atsɔ Adzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu?

(15 min.) Numedzodzro.

Le Kwasiɖa, March 24 dzia, míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi abe ale si wòde se na mí ene. Eƒe kua nye lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si eya kple fofoa ɖe fia mí. (Lk 22:19; Yoh 3:16; 15:13) Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe wɔna tɔxɛ sia ŋu?

  • Kpe amewo ale si nàte ŋui na nuƒo tɔxɛa kple Ŋkuɖodzia. Ŋlɔ ame siwo nèdi be yeakpea ƒe ŋkɔwo ɖi, eye nàkpe wo. Zã jw.org nàtsɔ akpe ɖe ame siwo mele miaƒe nutoa me o ŋu woakpɔ game kple teƒe si woawɔ Ŋkuɖodzia le, le nuto si me wole

  • Dze agbagba nàwɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa geɖe wu le March kple April me. Ðewohĩ àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ana gaƒoƒo 15 alo 30

  • Tso March 18 dzia, dze nuxexlẽ tso nu ɖedzesi siwo dzɔ le kwasiɖa mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe kua me ŋu. Àte ŋu alé ŋku ɖe “Ƒe 2024 Ŋkuɖodzi Biblia Xexlẽ Ƒe Ðoɖowɔɖi” si le axa 6-7 ŋu akpɔe ɖa be mawunyakpukpuiawo dometɔ nenie yeate ŋu axlẽ gbe sia gbe hã

  • Le ŋkeke si dzi woawɔ Ŋkuɖodzia, kpɔ Ŋditadedeagu wɔna tɔxɛa le jw.org

  • Le Ŋkuɖodzia, do wòezɔ na ame yeyewo kple nɔvi siwo megatsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o eye nàdo vivi ɖe wo ŋu. Nɔ klalo nàɖo ame yeyewo ƒe biabiawo ŋu na wo le wɔnaa vɔ megbe. Wɔ ɖoɖo nàgatrɔ ayi wo gbɔ be nàkpe ɖe wo ŋu woase nu geɖe wu gɔme

  • Do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia kple le Ŋkuɖodzia megbe siaa, de ŋugble le tafea ŋu

Na woaɖe VIDEOA, Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi. Eyome nàbia be:

Aleke míate ŋu azã video sia ne míele amewo kpem na Ŋkuɖodzia?

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 73 Kple Gbedodoɖa