Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Lɔlɔ̃ Fia Le Ƒomea Me

Ðe Lɔlɔ̃ Fia Le Ƒomea Me

Lɔlɔ̃e nye ka si blaa ƒomea ɖekae. Lɔlɔ̃ manɔmeea, asesẽ ŋutɔ be ƒomea me tɔwo nawɔ ɖeka eye woawɔ nu aduadu. Aleke srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, kple dzilawo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le ƒomea me?

Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a abu srɔ̃a ƒe hiahiãwo, eƒe susu kple seselelãmewo ŋu. (Ef 5:28, 29) Akpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ, eye wòakpɔ egbɔ be woanɔ Ƒometadedeagu wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa. (1Ti 5:8) Srɔ̃nyɔnu si lɔ̃a srɔ̃a abɔbɔ eɖokui nɛ eye wòade “bubu deto” eŋu. (Ef 5:22, 33; 1Pe 3:1-6) Ele be srɔ̃tɔ evea siaa nalɔ̃ atsɔ anɔ wo nɔewo kem faa. (Ef 4:32) Dzila siwo lɔ̃a wo viwoa tsɔa ɖe le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wofiaa nu wo be woalɔ̃ Yehowa. (5Mo 6:6, 7; Ef 6:4) Kuxi kawo me tom ɖeviawo le le suku? Ne wo hatiwo le nya ƒom ɖe wo nua, aleke wowɔa nui? Ne lɔlɔ̃ bla ƒomea ɖekaea, woaɖe dzi ɖi eye woase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE LƆLƆ̃ SI NU METSINA O FIA LE WÒ ƑOMEA ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a dea asixɔxɔ eŋu eye wòkpɔa eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ?

  • Aleke srɔ̃nyɔnu si lɔ̃a srɔ̃a aɖee afia be yedea bubu deto eŋu?

  • Aleke dzila siwo lɔ̃a wo viwoa kua Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na wo?