Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðɔ Ŋu Ðo Le Aha Sesẽ Nono Ŋu

Ðɔ Ŋu Ðo Le Aha Sesẽ Nono Ŋu

Ehiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe naɖu eɖokui dzi le aha sesẽ nono me. (Lod 23:20, 29-35; 1Ko 6:9, 10) Ne Kristotɔ aɖe tiae be yeano aha sesẽa, ke ele be wòanoe le ŋuɖɔɖo me. Ele be wòakpɔ nyuie hã be wòagazu nukikli na amewo alo ana aha sesẽ nono nava zu numame nɛ o. (1Ko 10:23, 24; 1Ti 5:23) Megadzɔ gbeɖe be míaƒoe ɖe ame aɖeke, vevietɔ sɔhɛwo, nu be wòano aha sesẽ o.

MIKPƆ NUTATA ƑE VIDEO SI NYE BU NUWO ŊU NYUIE HAFI NÀNOE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae wòle be Kristotɔwo katã nawɔ ɖe se siwo ku ɖe aha muame nono ŋu dzi?—Ro 13:1-4

  • Nu ka tae mele be míaɖe mɔ amewo naƒoe ɖe mía nu be míano aha sesẽ o?—Ro 6:16

  • Aleke míawɔ aƒo asa na afɔku siwo le aha sesẽ nono me?