Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Fia Nu Dzonɔamemetɔe

Fia Nu Dzonɔamemetɔe

Míaƒe dzonɔameme dea dzo ame bubuwo hã me. Ate ŋu ana míaƒe nyaselawo naɖo to mí. Eɖenɛ fiana hã be míede asixɔxɔ míaƒe gbedeasia ŋu. Mí katã míate ŋu afia nu dzonɔamemetɔe metsɔ le míaƒe dekɔnu alo ame si ƒomevi míenye me o. (Ro 12:11) Aleke míate ŋu awɔe?

Gbã, bu ale si wò gbedeasia le veviea ŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye be ‘nàɖe gbeƒã nu nyuiwo ŋuti nya nyuia!’ (Ro 10:15) Evelia, de ŋugble le ale si gbegbe nya nyuia aɖe vi na wò nyaselawoa ŋu. Ehiã vevie be woase wò nyawo. (Ro 10:13, 14) Mlɔeba, ƒo nu kple dzo eye ale si nàwɔ asi ɖe nyaa dzi kple ale si nàɖo moe la nanɔ dzɔdzɔme nu.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—NA WÒ NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI—FIA NU DZONƆAMEMETƆE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae Rut megava tsɔ dzo ɖe eya kple Dzidzɔ ƒe nusɔsrɔ̃a ŋu o?

  • Nu kae kpe ɖe Rut ŋu be dzo gava ɖo eme?

  • Míaƒe dzonɔameme dea dzo ame bubuwo hã me

    Nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ míaƒe nyaselawo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu?

  • Aleke míaƒe dzonɔameme ate ŋu aɖe vi na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo kple ame bubuwo?