Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tohehe Nye Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia

Tohehe Nye Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia

Nu si tohehe fia koŋue nye amehehe, gake ebia hã be woaɖɔ ame ɖo alo agbe nya na ame. Yehowa hea to na mí ale be míate ŋu asubɔe le mɔ nyuitɔ nu. (Ro 12:1; Heb 12:10, 11) Tohehe te ŋu vena ɣeaɖewoɣi, gake ekpena ɖe ame ŋu wòwɔa nu si dzea Mawu ŋu eye Mawu yranɛ. (Lod 10:7) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na ame si le to hem na ame kple ame si wole to hem na siaa?

Ame si le to hem na ame. Hamemetsitsiwo, mía dzilawo, kple ame bubuwo dzea agbagba be yewoahe to na mí le lɔlɔ̃ kple tufafa me abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. (Yr 46:28) Ne ehiã be woahe to na ame vevie hã, ele be woawɔe le lɔlɔ̃ me eye wòasɔ ɖe nɔnɔmea nu.—Tit 1:13.

Ame si wole to hem na. Mɔ ka ke dzie woto ɖɔ mí ɖo o, ele be míaxɔe kple dzi faa awɔ tɔtrɔwo enumake. (Lod 3:11, 12) Esi mí katã míede blibo o taa, míehiã ɖɔɖɔɖo; eye ate ŋu ava le mɔ vovovo nu. Nane si míexlẽ le Biblia me alo se le hamea ƒe kpekpewo me ate ŋu aɖɔ mí ɖo. Eva hiãna ɣeaɖewoɣi be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti nahe to na ame aɖewo. Ne míelɔ̃na xɔa ɖɔɖɔɖoa, ana míava kpɔ agbe mavɔ.—Lod 10:17.

MIKPƆ VIDEO SI NYE “AME SI YEHOWA LƆ̃NA LA, EYAE WÒHEA TO NA,EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke Canon ƒe ɖevime nɔ, eye aleke nuwo va trɔe?

  • Aleke Yehowa he to nɛ lɔlɔ̃tɔe?

  • Lɔ̃ faa Yehowa naɖɔ wò ɖo

    Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nuteƒekpɔkpɔa me?