Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

Mègaɖe Mɔ Dzodzro Vɔ̃wo Naɖu Dziwò O

Mègaɖe Mɔ Dzodzro Vɔ̃wo Naɖu Dziwò O

David ɖe mɔ dzodzro vɔ̃ nyɔ ɖe eƒe dzi me (2Sa 11:2-4; w21.06 17 ¶10)

David wɔ ŋusẽ si nɔ esi la ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu tsɔ tsyɔ nu eƒe vodadaa dzi (2Sa 11:5, 14, 15; w19.09 18 ¶15)

David kpe fu vevie le nu vɔ̃ si wòwɔ ta (2Sa 12:9-12; w18.06 17 ¶7)

Míehiã ɖokuidziɖuɖu be míatsri nu manyomanyowo ŋu bubu alo wo kpɔkpɔ. (Ga 5:16, 22, 23) Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu dzodzro vɔ̃ siwo anyɔ ɖe mía mea dzi.

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Go kawo mee wòahiã be maɖu nu siwo ŋu bum melea dzi le?’