Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽa Nàtsɔ Akpe Ðe Amewo Ŋu Woaxɔ Yehowa Kple Yesu Dzi Se

Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽa Nàtsɔ Akpe Ðe Amewo Ŋu Woaxɔ Yehowa Kple Yesu Dzi Se

Ele be Biblia nusrɔ̃viwo natu xɔse sẽŋu ɖo hafi woate ŋu adze Mawu ŋu. (Heb 11:6) Míate ŋu azã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa atsɔ akpe ɖe wo ŋu woawɔ esia. Woɖe nuwo me nyuie le eme eye biabia ʋãmewo, video wɔdɔɖeamedziwo, mawunyakpukpui veviwo, kple nɔnɔmetata dzeaniwo le eme. Ne míekpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu wo kple Mawu dome va le nyuie eye wotu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖoa, ke efia be míezã xɔtunu siwo dzo mate ŋu afiã o.—1Ko 3:12-15.

Esesẽna na ame aɖewo be woadze xɔ̃ Mawu le esi womele ekpɔm o ta. Eya ta, ele be míakpe ɖe wo ŋu woava nya Yehowa eye woadze si eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ZÃ “KPƆ DZIDZƆ LE AGBE ME TEGBEE!” GBALẼA NÀTSƆ AKPE ÐE AMEWO ŊU WOAXƆ YEHOWA DZI SE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke míewɔ nya be nɔvinyɔnua dzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu?

  • Esi woxlẽ Yesaya 41:10, 13 vɔa, aleke wòzã biabia bubu aɖewo aɖaŋutɔe tsɔ na nusrɔ̃via ɖe eƒe susu kple seselelãmewo ɖe go?

  • Aleke videoa kple mawunyakpukpuiawo wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via dzi?

Ame geɖe mese nu si tafea nye gɔme o, eye womekpɔnɛ be yewo tae Mawu nɛ ɖo o. (Ga 2:20) Eya ta ele be míakpe ɖe wo ŋu woaxɔ Yesu ƒe tafevɔsa dzi se.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ZÃ “KPƆ DZIDZƆ LE AGBE ME TEGBEE!” GBALẼA NÀTSƆ AKPE ÐE AMEWO ŊU WOAXƆ YESU DZI SE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke míewɔ nya be nɔviŋutsua dzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu?

  • Aleke wòzã akpa si nye “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” tsɔ kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu?

  • Nu ka tae gbe si wòdo ɖa kple nusrɔ̃via le vevie ŋutɔ?