Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

“Lɔlɔ̃ . . . Medoa Eɖokui Ðe Dzi Glodzoo O”

“Lɔlɔ̃ . . . Medoa Eɖokui Ðe Dzi Glodzoo O”

Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míebɔbɔa mía ɖokui. (1Ko 13:4) Ne míelɔ̃ mía nɔviwoa, mímabu mía ɖokuiwo be míenye gã wu wo o. Míedea dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo eye míezãa míaƒe ŋutetewo tsɔ kpena ɖe wo ŋu. (Flp 2:3, 4) Ne míeyia edzi ɖea lɔlɔ̃ sia fiana la, Yehowa ayi edzi azã mí míawɔ eƒe lɔlɔnu.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐO ŊKU ALE SI LƆLƆ̃ WƆA NUI DZI—MEDOA EÐOKUI ÐE DZI GLODZOO O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nunana kawoe nɔ Absalom si?

  • Mɔ gbegblẽ kawo nue wòzã eƒe nunanawo le?

  • Aleke míate ŋu aƒo asa na ɖokuidodoɖedzi?—Ga 5:26