Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dukɔa Me Ʋunyaʋunyawo Ŋua?

Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dukɔa Me Ʋunyaʋunyawo Ŋua?

Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum taa, míenya be ɖeko nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze, ʋunyaʋunyawo kple aʋawɔwɔ adzi ɖe edzi. (Nyɖ 6:4) Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo ava ŋu?

  • Dzra ɖo le gbɔgbɔ me: De dzesi Biblia me nudzɔdzɔ kple gɔmeɖose siwo nana nègakana ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi, kple esiwo kpena ɖe ŋuwò be medea akpa aɖeke dzi o. (Lod 12:5; jr 125-126 ¶23-24) Ele be míana mía kple nɔvi siwo le hamea me dome nanɔ kplikplikpli fifia wu tsã.—1Pe 4:7, 8

  • Dzra ɖo le ŋutilãme: Wɔ ɖoɖo ɖe ale si nàwɔ anɔ dedie kple nu siwo nàhiã ne edzɔ be nàtsi teƒe ɖeka ŋu. Eye wɔ ɖoɖo ɖe nu si nàwɔ ne eva hiã be nàʋu hã ŋu. De ga kple nuhiahiã veviwo akplo me da ɖi eye nɔ ekpɔm ɖa be nu bubu kawoe agahiã hã. Nya ale si nàwɔ ake ɖe hamemetsitsiawo ŋu, eye kpɔ egbɔ be woawo hã wonya ale si woawɔ ake ɖe ŋuwò.—Yes 32:2; g17.5 3-7

Ne ʋunyaʋunya le edzi yima, lé wò gbɔgbɔmeɖoɖowo me ɖe asi. (Flp 1:10) Mèganɔ dodom edziedzi o negbe ɖe nèle ʋuʋum. (Mt 10:16) Ma nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo kple nɔviwo.—Ro 12:13.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE NÈDZRA ÐO ÐE AFƆKU ŊUA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne afɔku dzɔ?

  • Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔku ŋu?

  • Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖoa ŋu?