Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Zã Nu Siwo Le Dzɔdzɔm Nàtsɔ Anyɔ Amewo Ƒe Ðetsɔleme

Zã Nu Siwo Le Dzɔdzɔm Nàtsɔ Anyɔ Amewo Ƒe Ðetsɔleme

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa mea, ezã nu siwo dzɔa tsɔ fia nu amewo. (Lk 13:1-5) Wò hã àte ŋu azã nu siwo le dzɔdzɔm atsɔ ana amewo natsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me. Ne èƒo nu tso ganyawo ƒe sesẽ, dzɔdzɔmefɔkuwo, ʋunyaʋunya siwo yia edzi, atike vɔ̃ɖiwo zazã alo emawo tɔgbi ŋu vɔa, àte ŋu abia nya aɖe amea si ana wòabu tame. Àte ŋu abia be: “Èsusu be . . . . nu ayi gbe ɖeka?” alo “Nu kae nèsusu be akpɔ . . . . gbɔ?” Eyome, xlẽ mawunyakpukpui aɖe si ɖe nya si me dzrom mielea me nɛ. Ne amea tsɔ ɖe le nyaa mea, he eƒe susu yi video alo agbalẽ aɖe si le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui mea dzi. Esi míele agbagba dzem be míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ le míaƒe anyigbamama mea, mina ‘míawɔ nuwo katã le nya nyui la ta.’—1Ko 9:22, 23.

Nya kawo mee ame siwo le miaƒe anyigbamama mea atsɔ ɖe le?