Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Xɔsegbelawo Si Me

Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Xɔsegbelawo Si Me

Zi geɖea, Satana kple edzidelawo tsɔa alakpanyawo tsakaa nyateƒenyawo kple susu be yewoana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ. (2Ko 11:3) Le kpɔɖeŋu me, Asiriatɔwo gblɔ nyateƒenya afãafãwo kple alakpanyawo be yewoatsɔ aɖe dzi le Yehowa ƒe amewo ƒo. (2Kr 32:10-15) Xɔsegbelawo gazãa mɔnu mawo ke egbea. Aleke wòle be míabu xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo? Ele be míabu wo abe aɖi wuame ene! Mègaxlẽ woƒe nyawo, aɖo wo ŋu, alo agbugbɔ agblɔ wo gbeɖe o. Nɔ ŋudzɔ be nàde dzesi nyatakaka siwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ aƒã ɖikeke ɖe mía me ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu, eye nàgbe wo gbidii!—Yud 3, 4.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ‘ƲLI SESĨE HENA XƆSE LA’!—KPUITƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ne míezãa Internet dzi hahoo kadoƒewo?

  • Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 16:17 la dzi?