Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Dzeɖoɖo Gɔmedzedze Kple Amewo Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Dzeɖoɖo Gɔmedzedze Kple Amewo Ŋu

Dzeɖoɖo kple amewo faa nana míekpɔa dzidzɔ, eye wònye mɔ nyui aɖe si dzi míetona ɖia ɖase. Gake ne ale si míawɔ aƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu ko ŋue míaƒe susu lea, ke míava nɔ vɔvɔ̃m vie be míadze dzeɖoɖo gɔme kple amewo. Mehiã be míatsi dzi fũu akpa ɖe nya si míagblɔ atsɔ aɖi ɖase ŋu o, nu si le vevie ye nye be míatsɔ ɖe le eme na amea. (Mt 22:39; Flp 2:4) Ne miele dzea ɖom eye mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi be nàƒo nu tso nyateƒea ŋua, dɔwɔnu geɖewo le mía si siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Aleke dɔwɔnu siwo le afi sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖi ɖase ne miele dze ɖom tso nya aɖe ŋu?

MIKPƆ VIDEO SI NYE “GA NYREA GA”—ALE SI MÍADZE DZEÐOÐO GƆME, EYOME MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

Nu etɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ale si míeɖoa dze kple amewo naganyo ɖe edzi?