Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yehowa Nye “Tsyɔ̃eviwo Fofo”

Yehowa Nye “Tsyɔ̃eviwo Fofo”

Ƒe sia ƒea, ɖevi kple sɔhɛ geɖe tianɛ be yewoava zu Yehowa xɔlɔ̃. (Ps 110:3) Yehowa tsɔ ɖe le eme na mia dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Enya kuxi vovovo siwo me tom miele, eye edo ŋugbe be yeakpe ɖe mia ŋu miasubɔ ye. Ne dzilaɖekɛƒome mee nèlea, ɖo ŋku edzi be Yehowa nye “tsyɔ̃eviwo fofo.” (Ps 68:5) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, àte ŋu akpɔ dzidzedze, aleke kee nɔnɔmea le le aƒewò me o.—1Pe 5:10.

MIKPƆ VIDEO SI NYE WOLE XƆSE ƑE ƲIƲLI NYUI LA ƲLIM—ÐEVI SIWO LE DZILAÐEKƐ ƑOMEWO ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso Tammy, Charles kple Jimmy ƒe kpɔɖeŋua me?

  • Le Psalmo 27:10 ƒe nya nua, ŋugbe kae Yehowa do na ame siwo le dzilaɖekɛƒomewo me?