Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèdzra Ðo Ðe Ganyawo Ƒe Sesẽ Ŋua?

Ðe Nèdzra Ðo Ðe Ganyawo Ƒe Sesẽ Ŋua?

Ne xexemenudzɔdzɔwo wɔe be ganyawo va le sesẽm le xexea ƒe teƒe vovovowoa, mewɔa nuku na mí o. Nu ka tae? Nu si tae nye be míele ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuɣi, eye Biblia xlɔ̃ nu mí be míagatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ aɖo “kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o” la dzi o. (1Ti 6:17; 2Ti 3:1) Aleke Fia Yehosafat ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe ganyawo ƒe sesẽ ŋu?

Esi dukɔwo ho aʋa ɖe Mawu ƒe amewo ŋua, Yehosafat ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (2Kr 20:9-12) Azɔ hã, edzra dukɔa ɖo do ŋgɔ esi wòtso du sesẽwo eye wòtsɔ asrafohawo ɖo dukɔa ƒe teƒeteƒewo. (2Kr 17:1, 2, 12, 13) Abe Yehosafat enea, ele be míawo hã míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míaɖe afɔ siwo hiã atsɔ adzra ɖo ɖe ɣeyiɣi sesẽwo ŋu.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE NÈDZRA ÐO ÐE AFƆKU ŊUA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔku ŋu?

  • Nu kae míawɔ ale be míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu?