Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

June 3-9

PSALMO 45-47

June 3-9

Hadzidzi 27 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

Yesu Kristo kple eƒe ŋugbetɔ, ame 144,000 la

1. Ha Si Ku Ðe Fia Aɖe Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋu

(10 min.)

Psalmo 45 ƒo nu tso Mesia Fia la ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu (Ps 45:​1, 13, 14; w14 2/15 9-10 ¶8-9)

Fia la ƒe srɔ̃ɖeɖea ayi edzi le Armagedon-ʋa megbe (Ps 45:​3, 4; w22.05 17 ¶10-12)

Srɔ̃ɖeɖe sia ahe yayrawo vɛ na amegbetɔwo katã (Ps 46:​8-11; mwbr24.05 7 ¶1)


BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Ðe nye dzi le “fiefiẽm” ɖe míaƒe Fia, Yesu Kristo, ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ na amewo ŋua?’—Ps 45:1.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 45:16—Nu kae kpukpui sia fia mí tso ale si nuwo anɔ le Paradisoa me ŋu? (w17.04 11 ¶9)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. (lmd nusɔsrɔ̃ 1 ƒe xexlẽdzesi 3)

5. Nuƒo

(5 min.) ijwbv 26—Tanya: Nu Kae Psalmo 46:10 Me Nyawo Fia? (th nusɔsrɔ̃ 18)

6. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe

(4 min.) Wɔwɔfia. g 12/10 22-23—Tanya: Nu Kae Nye Wò Susu Le Vidzinuɖekatɔwo Ƒe Dɔdɔ Ŋu? (lmd nusɔsrɔ̃ 6 ƒe xexlẽdzesi 5)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 131

7. Yi Edzi Nàɖe Lɔlɔ̃ Fia Srɔ̃wò

(10 min.) Numedzodzro.

Srɔ̃kpekpe nyea dzidzɔɣeyiɣi. (Ps 45:​13-15) Zi geɖe la, srɔ̃ɖegbea nyea ŋkeke si dzi srɔ̃tɔawo kpɔa dzidzɔ le wu la dometɔ ɖeka. Gake nu kae srɔ̃tɔawo ate ŋu awɔ be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖea me?—Nyg 9:9.

Nu vevi aɖe si wòle be woawɔe nye be woanɔ lɔlɔ̃ ɖem fia wo nɔewo. Ele be srɔ̃tɔwo nasrɔ̃ Isak kple Rebeka. Biblia na míenya be ƒe 30 kple edzivɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea megbe hã la, woganɔ lɔlɔ̃ ɖem fia wo nɔewo. (1Mo 26:8) Nu kae ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woawo hã woawɔe nenema?

Na woaɖe VIDEOA: Na Dzidzɔ Nanɔ Srɔ̃ɖeɖea Me: Ðe Lɔlɔ̃ Fia. Eyome nàbia nya siawo:

  • Nu kawoe wɔnɛ be srɔ̃tɔwo dome megava nɔa kplikplikpli o?

  • Nu kawoe srɔ̃tɔ ate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia srɔ̃a be yelɔ̃e eye yetsɔ ɖe le eme nɛ?—Dw 20:35

8. Miaƒe Nuhiahiãwo

(5 min.)

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 10 ¶13-21

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 111 Kple Gbedodoɖa