Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

May 20-26

PSALMO 40-41

May 20-26

Hadzidzi 102 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Nu Ka Tae Wòle Be Míakpe Ðe Amewo Ŋu?

(10 min.)

Ne míekpe ɖe amewo ŋu la, míekpɔa dzidzɔ (Ps 41:1; w18.08 22 ¶16-18)

Ne míekpe ɖe amewo ŋu la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu (Ps 41:​2-4; w15 12/15 24 ¶7)

Ne míekpe ɖe amewo ŋu la, esia dea bubu Yehowa ŋu (Ps 41:13; Lod 14:31; w17.09 12 ¶17)

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Ðe ame aɖe le míaƒe hamea me si ŋu mate ŋu akpe ɖo be wòaganya JW Library dɔwɔnua zazã nyuie wua?’

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 40:​5-10—Le gbe si David do ɖa nu la, nu kae míawɔ ne míelɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi? (mwbr24.05 4 ¶4)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Dze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe si le dzidzɔ kpɔm. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 3)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(4 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Dze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe si lé blanui. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 5)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

(5 min.) lff nusɔsrɔ̃ 14 ƒe numedzodzro 6. Dzro nya vevi aɖe le nyati si nye “Mikafu Yehowa Le Hamea Me” si dze le akpa si nye “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” me kple nusrɔ̃vi aɖe si mele didim be yeade kpekpeawo o. (th nusɔsrɔ̃ 19)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 138

7. Wɔ Nyui Na Nɔvi Tsitsiwo

(15 min.) Numedzodzro.

Yehowa dea asixɔxɔ dɔ siwo katã mía nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo wɔna le hamea me ŋu; nenema kee míawo hã míedea asixɔxɔ woƒe dɔwo ŋu. (Heb 6:10) Le ƒe gbogbo siwo va yi me la, wowɔ geɖe fia nu wo nɔvi Kristotɔwo, na hehe wo hede dzi ƒo na wo. Ànya ɖo ŋku ale si wokpe ɖe ŋuwò va yi la dzi. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ siwo katã wowɔ va yi kple esiwo wɔm wogale fifia le hamea me ŋu?

Na woaɖe VIDEOA: ‘Míawɔ Nyui Na Mía Nɔviwo.’ Eyome nàbia nya siawo:

  • Nu kae nɔviŋutsua srɔ̃ tso Nɔviŋutsu Agbenuzã gbɔ?

  • Nu kawoe dzɔa dzi na wò le nɔvi tsitsi siwo le miaƒe hamea me ŋu?

  • Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso lo si Yesu do ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu me?

  • Nu ka tae nèkpɔe be enyo ŋutɔ be nɔviŋutsua kplɔ nɔvi bubuwo ɖe asi wovae kpe ɖe Nɔviŋutsu Agbenuzã ŋu?

Ne míebua nɔvi tsitsi siwo le míaƒe hamea me ƒe nuhiahiãwo ŋu la, míakpɔ nu vovovo siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu. Ne ède dzesii be wohiã kpekpeɖeŋu aɖe la, kpɔe ɖa be nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu hã.—Yak 2:​15, 16.

Xlẽ Galatiatɔwo 6:10. Eyome nàbia be:

  • Mɔ kawo dzie nàte ŋu ato ‘awɔ nyui na’ nɔvi tsitsi siwo le miaƒe hamea me?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 8 Kple Gbedodoɖa