Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

May 27–June 2

PSALMO 42-44

May 27–June 2

Hadzidzi 86 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Na Yehowa Ƒe Nufiafiawo Naɖe Vi Na Wò Bliboe

(10 min.)

Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi be míasubɔ Yehowa ɖekae kple mía nɔviwo la ŋu dɔ bliboe; ne anya wɔa, yi kpekpeawo le Akpataa me (Ps 42:​4, 5; w06 6/1 9 ¶4)

Do gbe ɖa hafi nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa (Ps 42:8; w12 1/15 15 ¶2)

Na Biblia nafia mɔ wò le nu sia nu si nèwɔna me (Ps 43:3)

Nu siwo Yehowa fiaa mí la kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le xaxawo me eye míawɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe be míasubɔe tegbee la dzi.—1Pe 5:10; w16.09 5 ¶11-12.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 44:19—Anye nu kae nya si hakpalaa gblɔ be “le agbotoewo nɔƒe” fia? (mwbr24.05 5 ¶5)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(4 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 5 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(5 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Kpe amea be wòava se dutoƒonuƒo si woaƒo le kpekpe si miagawɔ me. Zã video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? (lmd nusɔsrɔ̃ 7 ƒe xexlẽdzesi 5)

6. Nuƒo

(3 min.) lmd megbenya A ƒe xexlẽdzesi 4—Tanya: Ame Sia Ame Anɔ Lãmesẽ Deblibo Me. (th nusɔsrɔ̃ 2)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 21

7. Tso Nya Me Nyuie Le Dɔwɔɖui Kple Sukudede Ŋu

(15 min.) Numedzodzro.

Sɔhɛwo, ɖe miele nu si miawɔ ne miewu sekɛndrisuku (alo lycée) nu ŋu buma? Anye be dɔ aɖe le susu me na wò si nèdi be yeawɔ ale be yeate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Alo ɖewohĩ èle eŋu bum nenye be yeasrɔ̃ dɔ aɖe alo ade dɔsrɔ̃suku axɔ ɖaseɖigbalẽ ale be yeate ŋu ava wɔ dɔ si le susu me na ye. Nyametsotso vevi aɖe ŋutɔe nye ema! Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe o, elabe ehiã be nàda susu vovovowo akpɔ eye amewo hã ate ŋu aƒo nya ɖe nuwò be nàwɔ nu si yewo di. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie?

Mixlẽ Mateo 6:​32, 33. Eyome nàbia nya siawo:

  • Nu ka tae wònyo be nàna dɔ siwo nàdi be yeawɔ le Yehowa subɔsubɔ me la nanɔ susu me na wò ne èle nya me tsom le dɔwɔɖui kple sukudede ŋu?

  • Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woawɔ ɖe Mateo 6:​32, 33 me nyawo dzi?—Ps 78:​4-7

Mègana didi be yeawɔ dɔ ne ganyawo nade ye dzi alo yeaxɔ ŋkɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe wò nyametsotsowo dzi o. (1Yh 2:​15, 17) Ðo ŋku edzi be ne ŋutilãmenuwo sɔ gbɔ ɖe ame si la, ate ŋu ana wòasesẽ nɛ be wòatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Lk 18:​24-27) Ŋutilãmenuwo yome titi mate ŋu ana ame ƒe xɔse nasẽ eye wòasubɔ Yehowa bliboe o.—Mt 6:24; Mr 8:36.

Na woaɖe VIDEOA: Kpɔ Nyuie Be Màgaɖo Ŋu Ðe Nu Siwo Nu Va Yina Ŋu O!—Kesinɔnuwo. Eyome nàbia be:

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 10 ¶5-12

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 47 Kple Gbedodoɖa