Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

GBETAKPƆXƆ

Nyabiase: Ne ame aɖe bia wò be aleke dziƒo le la, alekee nàɖo eŋu nɛ?

Mawunyakpukpui: Yh 8:23

Nya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si Yesu kple Fofoa ɖe fia tso dziƒo ŋu la ŋu.

FIA NYATEƑEA

Nyabiase: Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be Biblia me nyagblɔɖi sia ɖɔ nu si teƒe kpɔm míele egbea?

Mawunyakpukpui: 2Ti 3:1-5

Nyateƒenya: Esi Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu le eme vam fifia ta, míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖi si ƒo nu tso etsɔme nyui aɖe ŋu hã ava eme.

NU KA TAE WÒNYO BE NÀSRƆ̃ BIBLIA? (Video)

Ŋgɔdonya: Míele video kpui aɖe ɖem fia amewo si ƒo nu tso afi si míakpɔ ŋuɖoɖo fakɔname le na biabia siwo ɖea fu na mí. [Ðe videoa fiae.]

Nya Si Nàgblɔ: Agbalẽ sia he susu yi nu si Biblia gblɔ tso ale si Mawu ava ɖɔ xexea me ƒe kuxiwo ɖoe ŋu. [Tsɔ Biblia ƒe Nufiafia alo Nu Si Biblia Fia gbalẽa nɛ.]

ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI

Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.