Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Biblia Fia Mí?—Ale Si Míazãe

Nu Kae Biblia Fia Mí?—Ale Si Míazãe

Vovototo boo mele Nu Si Biblia Fia kple Biblia ƒe Nufiafia gbalẽawo dome o. Agbalẽ eve siawo siwo le dɔwɔnu siwo míetsɔna fiaa nu amewo dome la ƒo nu tso nyateƒenya aɖewo ŋu le mɔ ɖeka aɖe nu. Gake Nu Si Biblia Fia gbalẽa zã nyagbɔgblɔ kple numeɖeɖe siwo le bɔbɔe wu. Ame siwo wòsesẽ na be woase Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa gɔme la koŋue wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu na. Ðe megbenyawo teƒe la, Nu Si Biblia Fia gbalẽa zã dzesidenyawo, siwo ɖe nu me kpokploe tso nya kple nyagbɔgblɔ aɖewo siwo wozã le taa ŋutɔ me ŋu. Nyabiasewo megale tawo ƒe gɔmedzedze o, eye numetotoɖaka hã mele taa ƒe nuwuwu o. Ke boŋ Biblia me nyateƒenya siwo me wodzro le taa me la ƒe totoɖeme ye wotsɔ wu agbalẽa nu. Abe ale si míenaa Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ɣesiaɣi si míedi ene la, míate ŋu ana Nu Si Biblia Fia hã nenema ke, ne menye eya namee míele le dzinua me o gɔ̃ hã. Mɔ kawo nue míate ŋu azã Nu Si Biblia Fia gbalẽa ƒe akpa vovovoawo le ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe?

TOTOÐEME: Le nusrɔ̃vi akpa gãtɔ gome la, ale si míexlẽa Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe memamawo eye míebiaa nya biaseawo tsɔ srɔ̃a nui la agasɔ na wo. Gake tsɔe be nusrɔ̃via mese gbea nyuie o loo alo metea ŋu xlẽa nu nyuie o. Ne ele alea la, ke àte ŋu azã Nu Si Biblia Fia gbalẽa. Eye àte ŋu azã tawo totoɖeme siwo le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la atsɔ asrɔ̃ nua eye nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ ta bliboa le eɖokui si. Zi geɖe la, Biblia me nyateƒenya ɖeka fiafia ame aɖe maxɔ wu miniti 15 o. Esi tawo totoɖemea meƒo nu tsitotsito tso nya siwo dze le ta ŋutɔ me ŋu o ta la, ele be nufialaa nadzra ɖo nyuie, eye nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nanɔ susu me nɛ. Ne nusɔsrɔ̃a tso taa ŋutɔ me la, ke nufialaa nazã taa totoɖeme abe numedzodzro ene.

DZESIDENYAWO: Nya kple nyagbɔgblɔ siwo le dzesidenyawo me la dze le ɖoɖo si nu wole le taa ŋutɔ me le agbalẽa me la nu. Nufialaa ate ŋu atiae be yewoadzro dzesidenya siwo dze le Nu Si Biblia Fia gbalẽa me la me le nua srɔ̃ɣi.