Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Sɔhɛwo—Migahe Ðe Megbe O, Mito “Ʋɔtru Gã” La Nu

Sɔhɛwo—Migahe Ðe Megbe O, Mito “Ʋɔtru Gã” La Nu

Ele bɔbɔe be míasusui be míanɔ sɔhɛ me ɖaa eye míato ‘fukpeɣi’ siwo tsitsi hena vɛ le Satana ƒe xexea me la me gbeɖe o. (Nyg 12:1) Ne sɔhɛe nènye la, ɖe nèsusuna be ɣeyiɣi geɖe le ye si yeatsɔ ava ti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ene yomea?

“Nuɖiɖeame” li na mí katã, eye sɔhɛwo meto le eme o. (Nyg 9:11) ‘Míenya ale si míaƒe agbe anɔ etsɔ o.’ (Yak 4:14) Eya ta, mèganɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo tutum ɖe aga madzemadzee o. To “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã” la nu esi wòkpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na wò. (1Ko 16:9) Mave wò akpɔ o.

Gbɔgbɔmetaɖodzinu siwo nàte ŋu aɖo:

  • Gbeƒãɖeɖe na gbe bubu dolawo

  • Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ

  • Teokrasisukuwo

  • Asikpekpe ɖe xɔtudɔwo ŋu

  • Dɔwɔwɔ le Betel

  • Nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔ

Taɖodzinu Siwo Le Asinye: