Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LODODOWO 27-31

Ale Si Biblia Ðɔ Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃

Ale Si Biblia Ðɔ Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃

Lododowo ta 31 lia ƒo nu tso gbedeasi vevi aɖe si tso Fia Lemuel dada gbɔ nɛ la ŋu. Aɖaŋu nyui si dadaa ɖo nɛ la kpe ɖe eŋu wòkpɔ nu si ŋu wòalé ŋku ɖo ne ele srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ dim.

Woate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu

31:10-12

  • Edoa susu ɖa ne eya kple srɔ̃a wole nya me tsom na ƒomea eye wòbɔbɔa eɖokui

  • Srɔ̃a ɖoa ŋu ɖe eŋu hafi tsoa nya me, eye metea tɔ ɖe edzi be ele be ye srɔ̃ nabia yeƒe susu le nu sia nu ŋu kokoko o

Ewɔa dɔ sesẽ

31:13-27

  • Eléa be na ga eye wònɔa agbe tsɛ ale be eƒe ƒomea nate ŋu akpɔ nudodo siwo sɔ nyuie, eye woakpɔ nu aɖu wòasu wo

  • Ewɔa dɔ sesẽ tsɔ kpɔa eƒe aƒe dzi zã kple keli

Enye gbɔgbɔmeme

31:30

  • Evɔ̃a Mawu eye wòdzea agbagba be ƒomedodo nanɔ ye kple Mawu dome