Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 YOHANES 1-13; 3 YOHANES 1-14YUDA 1-25

Ele Be Míaʋli Sesĩe Anɔ Nyateƒea Me

Ele Be Míaʋli Sesĩe Anɔ Nyateƒea Me

Yud 3

Yesu xlɔ̃ nu be: “Miʋli sesĩe be miato agbo xaxɛ la nu age ɖe eme.” (Lk 13:24) Yesu ƒe nyawo fia be míawɔ avu, aku kutri be míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Gbɔgbɔ ʋã Yuda, si nye Yesu nɔvi hã wògblɔ nya ma tɔgbi be: “Miaʋli sesĩe hena xɔse” la. Ehiã agbagbadzedze geɖe hafi míate ŋu:

  • Atsri gbɔdɔdɔ manɔsenu.—Yud 6, 7

  • Ade bubu ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ŋu.—Yud 8, 9

  • Ado ŋusẽ míaƒe dzixɔse si nye Kristotɔwo ƒe nufiafiawo, “xɔse kɔkɔetɔ” la.—Yud 20, 21