Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NYAÐEÐEFIA 1-3

“Menya Wò Dɔwɔwɔwo”

“Menya Wò Dɔwɔwɔwo”

1:20; 2:1, 2

  • ‘Ɣletivi adreawo’: Amesiamina siwo nye hamemetsitsiwo, eye elɔ hamemetsitsiwo katã ɖe eme

  • ‘Wole Yesu ƒe nuɖusi me’: Ɣletiviawo le Yesu ƒe kpɔkplɔ, ŋusẽ kple mɔfiafia te bliboe. Ne hamemetsitsi aɖe si le hamemetsitsiwo ƒe haa me hiã ɖɔɖɔɖo la, Yesu akpɔ egbɔ be yewɔe le ɣeyiɣi kple mɔ si sɔ la dzi

  • “Sikakaɖiti adreawo”: Efia Kristo hameawo. Ale si akaɖiti si nɔ avɔgbadɔa me klẽna be woakpɔ nu la, nenema kee Kristo hameawo hã nana nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ŋu la klẽnae. (Mt 5:14) Yesu ‘zɔna le akaɖitiawo dome,’ si fia be eyae kpɔa hameawo ƒe dɔwɔnawo dzi