Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yehowa Nya Nu Siwo Hiã Mí

Yehowa Nya Nu Siwo Hiã Mí

Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa naa nuɖuɖu mí “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi,” si ɖo kpe edzi be Yehowa, ame si le mɔ fiam kluvia, nya nu siwo hiã mí le gbɔgbɔ me. (Mt 24:45) Míaƒe takpekpe gãwo kple kwasiɖa domedome kpekpewo kpakple nu bubu geɖewo ɖo kpe esia dzi.

MIKPƆ VIDEO SI NYE 2017 NYATAKAKA TSO NUFIAFIA KƆMITIA GBƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Ame kae wòle be míatsɔ kafukafua ana ɖe takpekpe siwo vana ɖe ɣeyiɣi dzi siwo míesea vivi na la, eye nu ka tae?

  • Ɣekaɣie wodzea dɔwɔwɔ tso takpekpewo ŋu gɔme?

  • Aleke wotiaa takpekpe ƒe tanyawoe?

  • Dɔ kawoe yia edzi ne wole dzadzram ɖo ɖe takpekpewo ŋu?

  • Aleke wowɔa Gilead sukua ƒe nusɔsrɔ̃mɔnuwo ŋu dɔ le kwasiɖa domedome kpekpea me?

  • Aleke dɔwɔƒe vovovowo wɔa dɔ ɖekae be woatrɔ asi le kpekpea ƒe nusrɔ̃gbalẽ ŋu?

Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso gbɔgbɔ me nu siwo Yehowa naa mí la ŋu?