Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NYAÐEÐEFIA 4-6

Sɔdola Eneawo Ƒe Sɔdodo

Sɔdola Eneawo Ƒe Sɔdodo

6:2, 4-6, 8

Yesu ‘do go yi ɖale aʋa dzi ɖum’ esi wòkpe aʋa kple Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo eye wònya wo ɖo ɖe anyigba dzi. Yesu le kpekpem ɖe esubɔlawo ŋu hele wo ta kpɔm le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye wòto esia dzi yi edzi le aʋa dzi ɖum. Ne etsi sɔdola etɔ̃ susɔeawo ƒe sɔdodoa nu le Armagedon-ʋaa me, eye emegbe wòɖɔ nu siwo woƒe sɔdodoa gblẽ ɖo vɔ la, ekema ‘awu eƒe aʋadziɖuɖu la nu.’