Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tsri Xexea Ƒe Gbɔgbɔ Ne Èle Ðoɖo Wɔm Ðe Srɔ̃ɖeɖe Ŋu

Tsri Xexea Ƒe Gbɔgbɔ Ne Èle Ðoɖo Wɔm Ðe Srɔ̃ɖeɖe Ŋu

Ahiã be Kristotɔ siwo le dzadzram ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la natso nya me le nu geɖe ŋu. Woaƒo nya ɖe wo nu be woawɔe wòanɔ kpeɖii abe ale si nutoa me tɔwo wɔa srɔ̃ɖeɖee ene. Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo tsɔ ɖe le eme ado susu vovovowo ɖa tso ale si woadi be srɔ̃ɖeɖea nayii la ŋu. Biblia ƒe mɔfiame kawoe akpe ɖe ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe ŋkeke tɔxɛ ma ŋu be woƒe dzitsinya mava bu fɔ wo alo nane nava ve wo emegbe o?

MIKPƆ VIDEO SI NYE SRƆ̃KPEKPE SIWO DEA BUBU YEHOWA ŊU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke mɔfiame siwo le mawunyakpukpui siwo gbɔna me kpe ɖe Niko kple Juli ŋui?

  • Nu ka tae wòle be ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, natia Nɔviŋutsu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me be wòanye “srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla”?—Yh 2:9, 10.

  • Susu kawo tae Niko kple Juli wɔ tiatia aɖewo koŋ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me?

  • Ame ka ƒe agbae wònye be wòatso nya me mamlɛtɔ ku ɖe srɔ̃kpekpe ƒe ɖoɖoawo kple kplɔ̃ɖoɖo si akplɔe ɖo la ŋu?—w06 10/15 25 ¶10.