Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

December 30, 2024–January 5, 2025

PSALMO 120-126

December 30, 2024–January 5, 2025

Hadzidzi 144 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

Israel-vi siwo gbɔ tso Babilon la le nu ŋem kple dzidzɔ le esi Yehowa yra ɖe woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ dzi ta

1. Woƒã Nu Kple Aɖatsiwo, Gake Woŋe Nu Kple Aseyetsotso

(10 min.)

Israel-viwo kpɔ dzidzɔ esi woɖe asi le wo ŋu le Babilon be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi (Ps 126:​1-3)

Ame siwo trɔ yi Yudea la anya fa avi le dɔ sesẽ siwo wòhiã be woawɔ ta (Ps 126:5; w04 6/1 16 ¶10)

Dukɔa ku kutri wɔ dɔ, eye Mawu yra wo (Ps 126:6; w21.11 24 ¶17; w01 7/15 18-19 ¶13-14; kpɔ nɔnɔmetata)

DE ŊUGBLE LE NYA SIA ŊU: Ne míekpɔ ɖeɖe tso xexe xoxo sia me le Armagedon megbe la, kuxi kawoe míadze ŋgɔe le anyigbadzidzadzraɖodɔ gã la me? Yayra kawoe míakpɔ ɣemaɣi?

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 124:​2-5—Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa nakpɔ mía ta le ŋutilã me abe ale si wòkpɔ Israel dukɔa ta enea? (cl 73 ¶15)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(4 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Le dze si mieɖo va yi me la, egblɔ be yemeka ɖe Biblia dzi o; yi dzeɖoɖoa dzi kplii. (lmd nusɔsrɔ̃ 9 ƒe xexlẽdzesi 5)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 155

7. Na Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Nado Dzidzɔ Na Wò

(15 min.) Numedzodzro.

Yehowa wɔ ŋugbe siwo wòdo na eƒe amewo siwo nɔ aboyome le Babilon la dzi. Eɖe wo tso aboyome eye wòyɔ dɔ wo le gbɔgbɔ me. (Yes 33:24) Edze ƒãa be ekpɔ wo kple woƒe aƒemelãwo ta ale be dzata kple lã wɔadã bubu siwo dzi ɖe edzi le woƒe dzodzo yi Babilon vɔ megbe la mewu wo o. (Yes 65:25) Wonɔ woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo me eye woɖu woawo ŋutɔwo ƒe agble me kutsetsewo. (Yes 65:21) Mawu yra woƒe asinudɔwo, eye wonɔ agbe didi.—Yes 65:​22, 23.

Tsitsetse: Maridav/stock.adobe.com; towo: AndreyArmyagov/stock.adobe.com

Na woaɖe VIDEOA: Na Ŋutifafaŋugbe Siwo Mawu Do La Nado Dzidzɔ Na Wò—Ƒe Kpuitɔ. Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke nyagblɔɖi siawo le eme vam egbea?

  • Aleke woava eme le mɔ si lolo wu nu le xexe yeyea me?

  • Wo dometɔ kawoe nèle mɔ kpɔm na vevie?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 58 Kple Gbedodoɖa