Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Lɔlɔ̃ Dea Dzesi Kristotɔ Vavãwo—Kpɔ Dzidzɔ Ðe Nyateƒea Ŋu

Lɔlɔ̃ Dea Dzesi Kristotɔ Vavãwo—Kpɔ Dzidzɔ Ðe Nyateƒea Ŋu

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ele be míasrɔ̃ Yesu eye míaɖi ɖase na nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu. (Yh 18:37) Ele be míakpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒea ŋu hã, agblɔ nyateƒea, eye míabu nu siwo katã nye nyateƒe ŋu, togbɔ be míele xexe si me alakpadada kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖo hã.—1Ko 13:6; Flp 4:8.

ALE SI NÀWƆE:

  • Ðoe be yemanɔ to ɖom ameŋugblẽnyawo alo anɔ wo kakam o.—1Te 4:11

  • Mègakpɔ dzidzɔ ne vɔ̃ dzɔ ɖe ame aɖe dzi o

  • Dzi nedzɔ wò ɖe nu nyui siwo tua ame ɖo la ŋu boŋ

MIKPƆ VIDEO SI NYE “MILƆ̃ MIA NƆEWO”—KPƆ DZIDZƆ ÐE NYATEƑE ŊU, KE MENYE ÐE NU MADZƆMADZƆ ŊU O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Mɔ ka nue Juli ‘kpɔ dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu’ le?

  • Aleke Alice trɔ dze si ɖom wònɔ kple Juli la wòva ku ɖe nu nyuiwo ŋu?

  • Nu nyui siwo ŋu míate ŋu aɖo dze tsoe dometɔ aɖewo ɖe?

Kpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒe ŋu, ke menye ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o